Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:24
23 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.


Nunɔla Zadok kple Abyatar hã le afima kpe ɖe ŋuwò; eyata ne èse nya sia nya le fia ƒe me ko la, nadagblɔe na nunɔla Zadok kple Abyatar.


Seya enye agbalẽŋlɔla, eye Zadok kple Abyatar wonye nunɔlawo;


Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.


Zadok, Axitub vi, kple Aximelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Seraya nye agbalẽŋlɔla;


Ke nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, nyagblɔɖila Natan. Simei kple Rei kpakple Dawid ƒe kalẽtɔwo mele Adoniya ƒe nya me o.


Eye ha la gblɔ na nunɔla Abyatar bena: Yi wò agble le Anatot, elabena edze ku Ke nyemele wuwo ge egbe sia o, elabena wòe tso Aƒetɔ Yehowa ƒe aɖaka la nɔ fofonye Dawid ŋgɔ, eye nèkpe tu dzẽa fu yia, si fofonye kpe.


Eye fia la tso Benaya, Yehoyada vi, ɖo aʋakɔ la nu ɖe eteƒe; eye fia la tsɔ nunɔla Zadok ɖo Abyatar teƒe.


Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.


nunɔla, siwo ŋu woka, amesiwo nye Zadok-viwo, eye wowɔ nye subɔsubɔdɔwo, wometrɔ le yonyeme abe Lewi-viwo ene, esime Israel-viwo tra mɔ o la tɔ wòanye.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


Eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze aɖaka la ŋgɔ. Ke le ŋkeke adreagbe la woazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi adre, eye nunɔlawo naku akɔfɛawo.


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Eye Axitub vi, Aximelex ƒe vi ɖeka, si ŋkɔ nye Abyatar la, si dze Dawid yome.


Woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas tsi aʋa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa