Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nana tsaglalã tsam kpli mia? Nye la meyina, afisi menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbubɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:20
17 Mawu Ofanana  

Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!


Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi, eye nye hã mawɔ nyui sia tɔgbe na mi, le esi miewɔ nusia la.


Yehowa ƒe toƒewo katã nye amenuveve kple nyateƒe na amesiame léa eƒe nubabla kple seawo me de asi.


Ɖe woasi le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la ta? Mawu, xlã dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me!


Mele Mawu dziƒoʋitɔ la yɔm, Mawu, amesi awɔe ade goe nom.


Wotrɔna gbɔna le fiẽ nɔa gbe tem abe avũwo ene, henɔa tsatsam le dua me.


Tsɔ ŋkekewo kpe fia la ƒe ŋkekewo, eye eƒe ƒewo netso dzidzime yi dzidzime!


Neɖu fia le Mawu ŋku me tegbee; ɖo amenuveve kple nyateƒe, ne woakpɔ eta!


Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu.


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


Ɖe amesiwo ɖoa vɔ̃ ɖe tame la, metrana oa? Ke amenuveve kple nyateƒe vana na amesiwo ɖoa nyuie ɖe tame.


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye woanɔ tsatsam tso anyiehe yi ɣedzeƒe, ne woadi Yehowa ƒe nya, ke womakpɔe o


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Tete Dawid kple eƒe amewo, woanɔ ame alafa ade, wodze mɔ, eye wodzo tso Kegila ɖo ta afisiafi le yiyim ko. Esi wova gblɔe na Saul be, Dawid si tso Kegila la, etasi hoho la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa