Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:12
26 Mawu Ofanana  

Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Ke Absalom kple ameha blibo, si nye Israel-ŋutsuwo la, va Yerusalem, eye Axitofel kpe ɖe eŋu.


Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,


Woɖe gbe ƒã be, woatsi nu adɔ, eye wokplɔ Nabot ɖo dukɔ la ŋgɔ.


Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me bena: Miɖe gbe ƒã be, woatsi nu adɔ, eye woakplɔ Nabot aɖo dukɔ la ŋgɔ.


Axitofel enye fia ƒe adaŋudela; Xusai, Arkitɔ, enye fia xɔlɔ̃.


Xɔ̃nye kekeake, amesi ŋu meɖoa ŋu ɖo, eye wòɖua nye abolo la, kɔ afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.


Wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe edzi, emlɔ anyi, eye magafɔ akpɔ o!


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Saba kple gbekee xɔasi tso didiƒenyigba dzinye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o, eye miaƒe akpedavɔsawo mevivina nam o.


Eye Bileam gblɔ na Balak bena: Na woaɖi vɔsamlekpui adre ɖe afisia nam, eye woakplɔ nyitsu adre kple agbo adre vɛ nam.


Eye wòkplɔe yi ɖe Pisga-to tame, afisi gbetasrãlawo nɔna, eye wòɖi vɔsamlekpui adre hetsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vo le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye wòtsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Gosen, Xolon kple Gilo. Wole du wuiɖekɛ hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa