Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:10
16 Mawu Ofanana  

Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!


Tete wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Mikpɔ ɖa, Yoab ƒe agble le axanye, eye lu le afima ne; miyi, ne miatɔ dzoe! Eye Absalom ƒe dɔlawo yi ɖatɔ dzo agble la.


Fia gblɔ nɛ bena: Yi le ŋutifafa me! Tete wòdze mɔ heyi Xebron.


Eye dukɔ blibo la he dzre le Israel-toawo katã me gblɔ bena: Fia la ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, eye wòxɔ mí tso Filistitɔwo si; azɔ esi tso anyigba la dzi le Absalom nu.


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Ŋkeke, siwo Dawid ɖu fia le Xebron de Yuda ƒe aƒea dzi la, le ƒe adre kple dzinu ade.


Eɖu fia ɖe Yuda dzi le Xebron ƒe adre kple dzinu ade, eye wòɖu fia ɖe Israel blibo la kple Yuda dzi le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ va etɔ̃.


Eye Natan gblɔ na Salomo dada Bat-Seba bena: Mese be, Adoniya, Xagit vi, zu fia, eye miaƒe aƒetɔ, fia Dawid, menyae oa?


Eye nunɔla Zadok kple nyagblɔɖila Natan nasi ami ne le afima ahaɖoe fia ɖe Israel nu; miku kpẽ, eye míado ɣli bena: Fia Salomo nenɔ agbe!


Tete wowɔ kaba, eye wo dome amesiame tsɔ eƒe avɔ ɖo ete le atrakpuifɔflɔ la dzi, eye woku kpẽ gblɔ bena: Yehu zu ha!


Tete Israel-ame tsitsiwo va fia la gbɔ le Xebron, eye Dawid bla nu kpli wo le Yehowa ŋku me le Xebron, eye wòsi ami na Dawid heɖo fiae de Israel dzi le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Samuel dzi la nu.


Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wova Dawid gbɔ le Xebron, ne woagbugbɔ Saul ƒe fiaɖuƒe la nɛ le Yehowa ƒe nya nu la, ƒe xexlẽme enye si:


Aʋawɔla siawo katã, amesiwo dzea aʋa la, va Xebron kple dzi ɖeka, be woatsɔ Dawid aɖo fiae ɖe Israel blibo la nu, eye dzi ɖeka li na Israel-vi susɔeawo katã hã, be woatsɔ Dawid aɖo fiae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa