Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nayi fia la gbɔ agblɔ nya siawo nɛ! Eye Yoab de nyawo enu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:3
9 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ bena: Menye Yoab ƒe asie li kpli wò le nya siawo katã me oa? Nyɔnu la ɖo ŋu gblɔ bena: Meta wò agbe, nye aƒetɔ fia, womate ŋu adze ɖe ɖusi alo mia me le nya, siwo katã nye aƒetɔ fia gblɔ la me o; elabena wò dɔla Yoab ye dɔm, eye wòde nya siawo katã wò dɔlanyɔnu la nu.


Eye Tekoa-nyɔnu la va fia la gbɔ, eye wòbɔbɔ hede ta agu gblɔ bena: Fia, xɔ nam!


Medɔ wo ɖe Iɖo, amesi nye tatɔ le Kasifya, eye mede gbe asi na wo, ne woagblɔ na Ido kple nɔvia, siwo nye gbedoxɔ me dɔwɔlawo le Kasifya, be woakplɔ subɔlawo vɛ na mí ɖe mía Mawu ƒe aƒe la ŋu.


Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi.


Metsɔ nye nya ɖe nuwo, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gome anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Eye Yehowa de nya nu na Bileam, eye wogblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nui!


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa