Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye ne eko eƒe taɖa la, eƒe ɖa ɖaa sekel alafa eve le fia ƒe nudanu dzi. Ne ƒe sia ƒe trɔ la, ekoa ta; elabena ekpe ne akpa, eyata wòkonɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:26
7 Mawu Ofanana  

Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna.


Eye Absalom va ƒo go Dawid ƒe dolawo Absalom do tedzisɔ, eye tedzisɔ la va to klẽti gãa ɖe, si vu alo dranyi la te, eye eƒe ta tsi klẽti la ŋu, eye wòle nyenyem le anyigba kple dziƒo dome; ke tedzisɔ la do le ete dzo.


Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.


Womegalũ ta kokoe o, ke womegana woƒe taɖa nato ʋuya o, ke boŋ woako ta wòasɔ.


Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.


Alo ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mèfia mi bena, ne ɖa legbe li na ŋutsu la; enye ŋukpe nɛ oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa