Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke amea ɖeke medze ɖeka ɖe Absalom nu le Israel blibo la o, ale be wokafunɛ ŋutɔ; dzuƒea ɖeke mele eŋu tso eƒe afɔ gɔme vaseɖe eƒe tagbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:25
11 Mawu Ofanana  

Le eƒe agbe me ŋkekewo me la fofoa mehe nya ɖe eŋu kpɔ be: nukaŋuti nèwɔ esi kple esi hã o. Edze ɖeka hã ŋutɔ, eye eya wòdzi ɖe Absalom yome.


Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me hekplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.


Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui.


Teƒe nyuia ɖeke mele eŋu o, tso afɔƒo me vaseɖe dzodome: abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeye; womeyɔ tsi le eme o, womeblae o, eye womeɖe ami ɖee wobɔbɔ o.


alidziblanu le ali na wo, eye tablanu le ta na wo hedzɔ ɖe anyi, wo katã ƒe nɔnɔme le abe aʋafiawo ene, eye woɖi Babel-viwo, amesiwo de nye Kaldea.


ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.


bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o;


Yehowa ana nuƒoƒo vɔ̃ɖia ɖe naƒo klo kple sobo na wò, tso afɔƒome vaseɖe ta me, eye màhaya akpɔ o.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Eye ŋutsuvia de le esi, si ŋkɔ nye Saul, enye ɖekakpui, eye wòdze ɖeka ŋutɔ, amea ɖeke medze ɖeka wui le Israel-viwo dome o, eye wòkɔ, ale be dukɔ blibo la se abɔta nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa