Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Yoab bɔbɔ heɖe ta agu, eye wòyra fia la. Eye Yoab gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, egbe wò dɔla dze sii bene, ève wò dɔla nu, esi fia ta wɔ eƒe dɔla ƒe nya dzi ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:22
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


Ke Yehowa ve Noa nu.


Emegbe fia la gblɔ na Yoab bena; Kpɔ ɖa, mawɔ nusia; eyata yi ɖakplɔ ɖekakpui Absalom la gbɔe!


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Eye Tekoa-nyɔnu la va fia la gbɔ, eye wòbɔbɔ hede ta agu gblɔ bena: Fia, xɔ nam!


Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.


Eye dukɔ la yra ŋutsu, siwo katã lɔ̃ faa be, yewoanɔ Yerusalem.


Elabena to, si se nye nya la, kafuam hedia nyuie nam, eye ŋku, si kpɔm la, nyɔa nye ŋkɔ.


ɖe eƒe alime meyram, eye nye alẽwo ƒe tu de dzo lãme nɛ oa?


Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ be:


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa