Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke nyɔnu la gblɔ bena: Taflatse, na wò dɔlanyɔnu nagblɔ nya ɖeka na aƒetɔ, nye fia. Eɖo ŋu bena: Ƒo nu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!” David gblɔ nɛ be, “Bia faa!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:12
10 Mawu Ofanana  

Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ!


Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o.


Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.


Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!


Nyɔnu la gblɔ bena: Nukaŋuti nèle esia bum ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu? Esi fia la gblɔ nya sia, gake fia la mena wokplɔ eƒe amesi wonyã la gbɔe o la, eyata ele abe ame ɖifɔ ene.


Tete wote ɖe eŋu, eye nyɔnu la gblɔ be: Wòe nye Yoab la? Eɖo ŋu be: Nyee! Eye wògblɔ nɛ be: Se wò dɔlanyɔnu ƒe nya! Eɖo ŋu be: Mele esem.


Eye wògblɔ bena: Nyaa ɖe le asinye, be magblɔ na wò. Eɖo ŋu be: Ƒo nu!


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


Eye Agripa gblɔ na Paulo bena: Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu le ɖokuiwò ŋuti. Tete Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu bena:


Eye wòdze klo ɖe eƒe afa nu gblɔ bena: Nye aƒetɔ, dzinyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa