Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye Absalom ƒe ɖekakpuiawo wɔ Amnon, abe alesi Absalom de se ene. Tete fia viŋutsuawo katã tsi tre, eye wo dome amesiame do eƒe tedzi hesi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:29
13 Mawu Ofanana  

Esiawo nye Zibeon ƒe viŋutsuwo: Aya kple Ana; eya nye Ana ma, si tɔ tsi dzodzoe vudo le gbedzi, esime wòle fofoa Zibeon ƒe tedziwo kplɔm la.


Eyata yi madzo le aƒewò me gbeɖe o, le esi nèɖo vlom, eye nèxɔ Uriya Xititɔ la srɔ̃ ɖe ta.


Esi wole mɔ dzi la, nya la ɖi Dawid se be: Absalom wu fia viŋutsuawo katã, eye wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o!


Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si, eye woa kple eve wole dzre wɔm le gbe me; ke amea ɖeke meli alé avu wo o, eye ɖeka ƒo nɔvia woku.


Eye Absalom va ƒo go Dawid ƒe dolawo Absalom do tedzisɔ, eye tedzisɔ la va to klẽti gãa ɖe, si vu alo dranyi la te, eye eƒe ta tsi klẽti la ŋu, eye wòle nyenyem le anyigba kple dziƒo dome; ke tedzisɔ la do le ete dzo.


fia la gblɔ na wo bena: Miɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo kpe ɖe mia ɖokui ŋu, eye mina vinye Salomo nado nye tedzisɔ, ne miakplɔe yi Gixon.


Tete nunɔla Zadok, nyagblɔɖila Natan kple Benaya, Yehoyada vi, kpakple Kretitɔwo kple Pletitɔwo woyi, eye wona Salomo do fia Dawid ƒe tedzisɔ, eye wokplɔe yi Gixon.


Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa