Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:28
30 Mawu Ofanana  

Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me.


Eye Dawid kpee wòva ɖu nu no nu le egbɔ, eye wòna ahae wòno mu. Le fiẽ la edo yi ɖamlɔ eƒe aba dzi le eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ; ke meyi eƒe me o.


Ale wòŋlɔ ɖe agbalẽa me enye si: Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, afisi aʋa la nu sẽ le, eye miɖe megbe le eŋu, ne wòatsi aʋa!


Eyata yi madzo le aƒewò me gbeɖe o, le esi nèɖo vlom, eye nèxɔ Uriya Xititɔ la srɔ̃ ɖe ta.


Ke Absalom ƒoe ɖe enu, eye wòdɔ Amnon kple fia viŋutsuawo katã kpe ɖe eŋu.


Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si, eye woa kple eve wole dzre wɔm le gbe me; ke amea ɖeke meli alé avu wo o, eye ɖeka ƒo nɔvia woku.


Tete woho le ŋɖɔ me; ke Ben-Hadad kple fia blaetɔ̃ vɔ eve, siwo kpe ɖe eŋu la, no aha mu le agbadɔwo me.


Le ŋkeke adreliagbe, esime wein na fia la, ƒe dzi gbɔ ɖe me la, ede se na aƒe dzikpɔla aɖreawo, siwo nye Mehuman, Bizta, Xarbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Xarkas, amesiwo subɔna le fia Axasweros ŋku me la be,


Wein doa dzidzɔ na amagbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.


Tete Egipte-fia ya vixelawo vɛ, eye wòbia wo bena: Nukaŋuti miewɔ alea, eye miena ŋutsuviawo tsi agbe?


Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.


Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Tete wobɔbɔ nɔ anyi, eye woa kple eve la woɖu nu no nu, eye ɖetugbi la fofo gblɔ na ŋutsu la bena: Tsi anyi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me!


Ke esi ŋutsu la kple eƒe ahiã kpakple ɖekakpui la wotso, be yewoadze mo la, ɖetugbi la fofo, si nye toa, gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ɣe la yina lɔ̃, eye anyinu le fafam, eyata mitsi do! Ye la trɔ xoxo, eyata tsi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me! Etsɔ ŋdi la miafa kaba alé miaƒe mo ayi wò agbadɔ nu!


Esi Boas ɖu nu no nu, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme la, eyi be, wòamlɔ anyi ɖe lu, siwo woƒo ƒu la, ƒe mlɔenu. Ke eva dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ anyi.


Eye Saul de se na eƒe dɔlawo bena: Miƒo nu kple Dawid le adza me be: Kpɔ ɖa, wò nu nyo fia ŋu, eye eƒe dɔlawo katã lɔ wò nya, eyata zu fia ƒe to!


Tete Saul ta Yehowa nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne fɔɖiɖi anɔ dziwò le nya sia me fi!


Ke fia la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, nuka nèhekpɔ ma? Nyɔnu la ɖo ŋu na Saul bena: Mekpɔ mawua ɖe le dodom tso anyigba tu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa