Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye wòva me le ƒe eve megbe, esime Absalom le fu kom na alẽwo le Baal-Xazor, si le Efrayim gbɔ la, Absalom kpe fia viŋutsuwo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal Hazor, le Efraim du la gbɔ. Absalom kpe fiaviŋutsuwo katã be woava afi ma.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:23
13 Mawu Ofanana  

Ke esi Laban yi fu sẽ ge na lãwo la, Raxel fi fofoa ƒe aklama kpakpɛwo.


Eye Absalom va fia la gbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ɖɔla le fu kom na alẽwo, taflatse, fia la kple eƒe dɔlawo neyi kple eƒe dɔla!


Ewu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋ, eye wokpe na viŋutsuwo katã kple nunɔla Abyatar kpakple aʋafia Yoab; ke mekpe wò dɔla Salomo ya o.


Elabena egbe la eyi ɖa wu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋ, eye wokpe fia viŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kpakple nunɔla Abyatar; kpɔ ɖa, woɖu nu, eye wono nu le egbɔ, eye wodo ɣli bena: Fia Adoniya nenɔ agbe!


Eye Adoniya wu alẽwo, nyiwo kple nyivi damiwo le Soxelet-kpe la gbɔ le Rogel-vudo la xa, eye wokpe nɔviaŋutsuwo katã, siwo nye fiaviwo kple Yuda-ŋutsuwo katã, siwo nye fia ƒe dɔlawo


Moab-fia Mesa enye lãnyila, eye wòdzɔa alẽvi akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu na Israel-fia.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Xazor, Rama. Gitayim,


Ke ŋutsua ɖe nɔ Maon, amesi ƒe dɔwɔƒe le Karmel; alɔme le ŋutsu la si ŋutɔ, alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka le esi, eye wòva fu ko ge na eƒe alẽwo le Karmel.


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Esi Dawid se le gbeadzi bena, Nabal va fu ko ge na eƒe alẽwo la,


Mese be, èva fu ko ge na alẽwo; wò lãkplɔlawo nɔ mia gbɔ, gake míede fu na wo o, eye woƒe naneke mebu le ŋkeke, siwo katã me wole Karmel o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa