Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:22
19 Mawu Ofanana  

Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o.


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Ŋusẽ le asinye be, mawɔ vɔ̃ mi hafi, gake le etsɔ ƒe zã, si va yi me la, mia fofo ƒe Mawu la gblɔ nam bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒonu vɔ̃a ɖeke kple Yakob o.


Esi fia Dawid se nya siawo katã la, eku dzi ne ŋutɔ.


Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue; eye amesi ha ame gɔme la, bometsilae.


Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke megaʋu go ame tutɔ ƒe enya ɣaɣla,


Ketɔ la tsɔ eƒe nuyiwo trɔa eɖokui bubui, ke alakpa le eƒe dzi me.


Ne fuléle ɣla ɖe beble me ha la, aɖi go le dutoƒo.


Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.


Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa