Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.
Tete nɔvia Absalom gblɔ nɛ bena: Ɖe nɔviwò Amnon va gbɔwòa? Nɔvinye, zi ɖoɖoe; elabena nɔviwòe! Megana nya sia natɔ dzi na wò o! Eye Tamar nɔ aga le nɔvia Absalom ƒe me.