Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 12:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 12:31
10 Mawu Ofanana  

Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.


Tete Dawid xɔ woƒe fia ƒe kuku le eta, eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasia ɖe le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ, eye wòhe aboyonu tso dua me gbɔe kpaŋkpaŋ.


Ekplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo, luƒotasiadamdɔwo kple fíadɔwo nu. Alea Dawid wɔ Amon-viwo ƒe duwo katãe, eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.


Tso kpe gãwo naɖi ɖe Farao ƒe aƒe, si le Taxpanxes la ƒe mo nu le anyikpe, siwo woɖo anyigba la te le Yuda-ŋutsuwo ŋku me,


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me,


Eye Yosua kple Israel blibo la gbugbɔ va asaɖa la me le Gilgal.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa