26 Eye Yoab wo aʋa kple Amon-viwo ƒe Raba, eye wòxɔ fiadu la.
26 Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la.
Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la, Dawid dɔ Yoab kple eƒe dɔlawo kpakple Israel blibo la, eye wotsrɔ̃ Amon-viwo heɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem.
Dawid gblɔ na dɔla la bena: Ale nagblɔ na Yoab enye si: Megana nusia nave wò o, elabena yi ɖua nu le afi kple afi! Do dzi wo aʋa kple dua, eye nagbãe! Ale naɖe dzi ƒo nɛ enye si!
Eye wotsɔe ɖe asi na nyagblɔɖila Natan, amesi na ŋkɔe le Yehowa ta be Yedidya.
Tete Yoab da amewo ɖo ɖe Dawid gblɔ bena: Mewɔ aʋa kple Raba, eye mexɔ tɔ ŋu du la hã.
Eye wòva me, esime Dawid va Maxanayim la, tete Nahas vi Sobi tso Amon-viwo ƒe Raba, kple Amiel vi Maxir tso Lo-Debar kpakple Gileadtɔ Barzilai tso Roglim
Gilead enya tɔnye, eye tɔnyee nye Manase; Efrayim enye nye taxenu, eye Yuda enye nye fiatikplɔ;
Mana Raba nazu kposɔwo ƒe gbeɖuƒe, eye Amon-viwo ƒe anyigba nazu akɔtsyɔƒe na alẽwo; eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.
Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.