Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.
mede wò aƒetɔ ƒe aƒe asi na wò, eye metsɔ wò aƒetɔ srɔ̃wo ɖo wò akɔ nu; metso Israel kple Yuda ƒe aƒe la na wò, eye ne esia mesɔ gbɔ o la, mate ŋu atsɔ nu bubu akpee na wò le mɔ vovovowo dzi hafi.