Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 12:14
16 Mawu Ofanana  

Emegbe Natan yi aƒe me. Eye Yehowa ɖe fu na ɖevi, si Uriya srɔ̃ dzi na Dawid la, eye wòle ɖa lém vevie.


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Mawu, enya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖiwo meɣla ɖe wò o.


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Yehowa, woayra ŋutsu, si nèhe to na, eye nètsɔ wò se le fia nui,


Yehowa, mía Mawu, èɖo to wo; Mawu, si tsɔna kena, nènye na wo, eye nèbiaa hlɔ̃ ɖe woƒe nu masɔmasɔ wɔwɔwo la.


Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa.


Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.


elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa