Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò, eye maxɔ srɔ̃wòwo le ŋkuwò me atsɔ na xɔ̃wòvi, eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 “ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 12:11
13 Mawu Ofanana  

Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!


Tete Dawid gblɔ na eƒe dɔla, siwo katã le eŋu le Yerusalem la bebena: Mitso, ne miasi; elabena mía dometɔa ɖeke makpɔtɔ le Absalom ŋku me o! Netsɔ, mídzo, ne eƒe afɔ nagatsɔ wòabi mi, eye wòahe dzogbevɔ̃e ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ du la kple yi o!


Alea Absalom wɔ na Israel blibo, si va ʋɔnu drɔ̃ ge le fia la gbɔ, eye Absalom fi Israel-ŋutsuwo ƒe dzi.


Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!


ekema srɔ̃nye netu wɔ na ame bubu, eye ame tutɔ nedɔ egbɔ.


Ke ne woflu nyagblɔɖila ɖe wòƒo nu la, nye Yehowa ye flu nyagblɔɖila ma, eye mado nye asi ɖa ɖe eŋu ahatsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.


Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o, eye klosalo kple sika geɖe akpa hã meganɔ esi o.


Abia nyɔnu ta, ke ŋutsu bubu agblẽe; atu xɔ, ke manɔ eme o, ade weingble, ke mawɔ eŋu dɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa