Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!
Dawid gblɔ na dɔla la bena: Ale nagblɔ na Yoab enye si: Megana nusia nave wò o, elabena yi ɖua nu le afi kple afi! Do dzi wo aʋa kple dua, eye nagbãe! Ale naɖe dzi ƒo nɛ enye si!
Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.