Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem,

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 11:2
28 Mawu Ofanana  

Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai bena: Kpɔ ɖa, menya bena, nyɔnu dzetugbe nènye.


Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Eye wotsɔ eƒe nuwo katã de Yosef si, eye megatsɔ ɖeke le nyaa ɖeke me o, negbe eƒe nuɖuɖu ko. Eye Yosef nyo, eye wòdze ɖeka ŋutɔ.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.


Wodzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi ɖeka, si ŋkɔ nye Tamar, eye wòdze tugbe la, na Absalom.


Azã Beerottɔ Rimon viwo, Rexab kple Baana, tso yi, eye wova Is-Boset ƒe me le ŋdɔkutsu, esime wòle ŋdɔlɔ̃ dɔm.


Esi wova aƒea me la, emlɔ eƒe aba dzi le xɔgã me, tete woda nui wu, eye wotso ta te enu hetsɔ eƒe ta dze mɔ to tagba le zã blibo la me.


Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?


Ɖe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu. Gbo agbem le wò mɔ dzi!


Kuviawɔwɔ ɖe wòɖɔa alɔ̃ eme, eye eme wɔƒome ɖɔe wunɛ.


Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui.


Eƒe tugbedzedze megadzro wò le dzi me o, eye megatsɔ eƒe aɖaba le wò o.


Eya le tsatsam le kpɔdomee le eƒe dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ


Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.


Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o;


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.


eye wogblɔ bena: Yehowa, mía Mawu, na miekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye, eye miese eƒe gbe tso dzo la me; egbe miekpɔ bena, Mawu ƒo nu kple amegbetɔ tso wogale agbe.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Emegbe woɖi tso toa dzi yi dua me, eye wòƒo nu kple Saul le xɔta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa