Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 11:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ale wòŋlɔ ɖe agbalẽa me enye si: Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, afisi aʋa la nu sẽ le, eye miɖe megbe le eŋu, ne wòatsi aʋa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 11:15
12 Mawu Ofanana  

Eye wòva me, esi Yoab ɖe to ɖe dua la, eɖe Uriya ɖo afisi wonyã be, enye kalẽtɔwo ƒe akpa dzi.


Tete duametɔwo do va wɔ aʋa kple Yoab, eye amewo tsi le aʋakɔ, si nye Dawid ƒe dɔlawo la dome, eye Uriya, Xititɔ la, hã ku.


Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe.


elabena Dawid wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye mete ɖa le se, siwo katã wòɖe nɛ la me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe ɖe Uriya, Xititɔ la ƒe nya me koe.


Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi!


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Midzi ha na Yehowa, mikafu Yehowa, elabena eɖe hiãtɔ ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo si me!


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, matsɔ vinyenyɔnu xoxoetɔ Merab na wò naɖe; nye kalẽtɔ nam ko, eye wɔ Yehowa ƒe aʋa wo! Ke Saul gblɔ be: Matsi ye si me o, boŋ netsi Filistitɔwo si me!


Tete Saul gblɔ bena: Matsɔe nɛ, ne wòatrɔ zu mɔ nɛ, eye Filistitɔwo ƒe asi natui! Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Xɔ evelia, ne nanye nye to egbe!


Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa