Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la, Dawid dɔ Yoab kple eƒe dɔlawo kpakple Israel blibo la, eye wotsrɔ̃ Amon-viwo heɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 11:1
15 Mawu Ofanana  

Eye esi Amon-viwo kpo be, Aramtɔwo si la, wòsi le Abisai nu yi dua me, eye Yoab trɔ le Amon-viwo yome heva Yerusalem.


Tete nyagblɔɖila va Israel-fia gbɔ gblɔ nɛ bena: Yi nadzra ɖo, eye nabu ta me le nusi na wo ŋu; elabena ne ƒe trɔ la, Aram-fia gale hoho ge ɖe ŋuwò.


Eye wòva me, esi ƒe trɔ la, Ben-Hadad tia Aram xlẽ, eye woho va Afek, be yeawɔ aʋa kple Israel.


Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la. Yoab kplɔ aʋakɔ la, eye woɖagblẽ Amon-viwo ƒe anyigba, eye wòva ɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem. Eye Yoab si Raba, eye wògbãe.


Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Gilead enya tɔnye, eye tɔnyee nye Manase; Efrayim enye nye taxenu, eye Yuda enye nye fiatikplɔ;


lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li; aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li.


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Xesbon, fa avi, elabena wogblẽ Ai! Mi Raba-nyɔnuviwo mido ɣli, eye mita akpanya ɖe ali, mixa nu, eye mina tsa glãla tsam le lãkpɔwo me, elabena Malkam ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Mena yi le dzo dam le miaƒe agbowo katã nu, ne dzi nalólo gbanaa, eye ame tsiaʋawo nasɔ gbɔ; ɖe wowɔe, be woada dzo, eye de wonyree de amewuwu ŋu.


Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.


Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa