27 Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa, eye aʋawɔlawo tɔ aka ale!
27 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”
Oo Israel, wowu wò atsyɔ̃ɖoɖo le wò togbɛwo dzi! Aleke kalẽtɔwo hetsi aʋa ale!
Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale, eye wowu wò, Yonatan, ɖe wò togbɛwo dzi!
Ɣemaɣi do, si me Elisa alo aku la, dze edzi. Tete Israel-fia Yoas yi egbɔ, eye wòfa avi le egbɔ gblɔ bena: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!
Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me.
Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,
Wotso anyigba didi dzi, tso dziƒo ƒe mlɔenu, Yehowa kple eƒe dziku ƒe dɔwɔnuwo, ne woagblẽ anyigba blibo la.