Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Mi Gilboa-towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye agble wɔnuwo maganɔ mia dzi o; elabena afima wotsɔ kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnu ƒu gbe ɖo. Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womesi ami nɛ o ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 “Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:21
14 Mawu Ofanana  

Filistitowo wɔ aʋa kple Israel; tete Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye wotsi aʋa le Gilboa-toa dzi.


Esi ŋu ke, eye Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viawo woku ɖe Gilboa-to la dzi,


Wò ka le abe Dawid ƒe xɔ tsrala, si wotu bena gbetakpɔkpɔ ene Woku akpoxɔnu gagã akpe de eŋu, siwo katã nye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo.


Miɖo kplɔ̃, eye mikeke kuntruwo, miɖu nu, mino nu! Mi amegãwo, mitso, ne miasi ami na akpoxɔnu!


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe wòyi tsieƒe la, mena agu me tsiwo xa nu le eta, wogbugbɔ woƒe tɔsisiwo ɖe megbe, be woƒe tsiwo nu tso; Libanon ta ahovɔ le eta, eye gbemetiwo katã yrɔ le eta.


Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Yehowa ƒe dɔla be; Aɖi Meros ŋu! Aɖi eme nɔlawo ŋu kpekpekpe; elabena womeva xɔ na Yehowa o, womeva xɔ na Yehowa le kalẽtɔwo dome o!


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi.


Esi ŋu ke la. Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu, eye wokpɔ Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo le Gilboa-to la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa