Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 “Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:20
15 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye maka ɖe le wò gome ŋu, eye matso wò ade asi na wò futɔwo, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo ƒe nyanyrã, amesiwo wò ŋukpenanuwɔwɔwo le ŋu kpem na.


hafi ne woava klo nu le wò vɔ̃ɖiwɔwɔ dzi, abe alesi nezu vlodonu na Aram-nyɔnuviwo kple Filistitowo ƒe nyɔnuviwo, amesiwo ƒo xlã wò godoo, eye wole alɔme ɖem le ŋuwò le goawo katã me la ene oa?


Migado bobloe le Gat o; migafa avi le Ako o, eye mlgaƒo togotogoe le ke me le Bet-Leafra o!


Eye esi Yefta gbɔ va aƒe le Mizpa la, kpɔ ɖa, vianyɔnu tsɔ axatsɛ le ɣe ɖum va kpee; ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke megale esi o, eyae nye eƒe tesi.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi wòyi Askalon ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ heɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na amesiwo ɖe adzo la gɔme. Tete dzi kui wògbugbɔ yi fofoa ƒe me.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Esi wogbɔ tso Dawid ƒe Filistitɔa wuƒe la, nyɔnuwo tso Israel-duwo katã me le ha dzim hele ɣe ɖum va kpe fia Saul; wole axatsɛ ƒom, le aseye tsom, eye wole gakogoe ƒom.


Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.


Sikaƒoƒoe, siwo Filistitɔwo tsɔ lé avu Yehowa, wonye si: Asdodtɔ ɖeka, Gazatɔ ɖeka, Askalontɔ ɖeka, Gattɔ ɖeka kple Ekrontɔ ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa