Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:2
25 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Abraham wu mo dzi kpɔ teƒe la le adzɔge ɖa ʋĩ.


Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu,


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ.


Eye Dawid biae bena: Afika netso? Eɖo ŋu nɛ bena: Israel ƒe asaɖa mee mesi tso!


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


Eye Tekoa-nyɔnu la va fia la gbɔ, eye wòbɔbɔ hede ta agu gblɔ bena: Fia, xɔ nam!


Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.


Esi Arawna fɔ kɔ te la, ekpɔ fia la kple eƒe dɔlawo gbɔna ɖe egbɔ; tete Arawna yi hebɔbɔ, eye wòde ta agu na fía la.


Melé ame ma, si va gblɔ nam be, Saul ku la, eye mewui le Ziklag, evɔ wònye eya ŋutɔ bu be, gbe nyui yehe vɛ, eye mana dɔtsɔho ye hafi.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.


Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


Wòado aƒa ɖe ŋuwò, eye woaxa nu vevie, wòala kewɔ akɔ ɖe ta me, eye woanɔ togotogoe ƒom le dzowo me.


Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Esi ŋutsuvia dzo la, tete Dawid tsi tre tso dziehe gome, eye wòde ta agu hebɔbɔ zi etɔ̃, eye woɖuɖɔ nu na wo nɔewo heta avi kple wo nɔewo, vaseɖe esime Dawid ƒe gbe sẽ wu.


Esi Abigail kpɔ Dawid la, ewɔ kaba ɖi le tedzi la dzi, eye wòde ta agu ɖe Dawid ŋku me hebɔbɔ ɖe anyigba.


Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.


Ŋutsu la gblɔ na Eli bena: Aʋagbe dzi metso, egbea mesi tso aʋagbe dzi! Eye wòbiae bena: Aleke nya la le, vinye?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa