Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:16
24 Mawu Ofanana  

Tete mete ɖe eŋu hewui, elabena menyae be, anyi, si wòdze la, menye agbenɔtɔe o; eye meɖe ŋgoblanu la le eta kple abɔga le eƒe abɔ hetsɔ va afi na nye aƒetɔ.


Yehowa gbugbɔ Saul, amesi teƒe nèzu fia ɖo la, ƒe aƒe ƒe ʋu katã va dziwò, eye Yehowa tsɔ fiaɖuƒe la de asi na viwò Absalom; kpɔ ɖa, azɔ ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me, elabena hlɔme nènye!


Gbesigbe nado atso Kidron-toʋua la nyae be, àku; wò ʋu ava wò ta dzi


Wò nue le fɔ, bum wò, menye nyee o, eye wò nuyiwoe nye ɖasefowo ɖe ŋuwò.


wò numenya ɖe nyagbatee dowòme, eye wò numenya lé wò la,


eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi.


Ne ese kpẽa ƒe didi, eye mena woxlɔ̃ nui o la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ dzi; ke ne ame ma na woxlɔ̃ nui la, ade eƒe agbe.


Eye ne nyɔnua ɖe na lãa ɖe yɔ asii la, ekema woaƒo nyɔnu la kple lã la woaku; ele be, woawu wo, elabena woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.


Ne amea ɖe ƒo fi de fofoa alo dada la, woawui, elabena fofoa alo dadae wòƒo fi de; eya ŋutɔe ɖe hlɔ̃fe.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Eyaŋuti mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


ne womagakɔ ame maɖifɔa ɖeke ƒe ʋu ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi, eye naɖe hlɔ̃fe o.


Ne amea ɖe do le wò xɔ me ɖe xexe la, ekema eƒe nu tsi eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye míeɖi fɔa ɖeke o; ke ne amea ɖe le gbɔwò le wò xɔ me, hafi amea ɖe wɔ nanee la, ekema eƒe ʋu tsi miaƒe ta dzi.


bena ne nu vlo, si wowɔ ɖe Yerub-Baal vi blaadreawo ŋu, kple woƒe ʋu nava wo nɔvi Abimelex, si wu wo, kple Sixemtɔwo, amesiwo de dzi ƒo nɛ wòwu nɔviawo la dzi.


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa