Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Dawid kple ŋutsu, siwo katã le eŋu la, dze woƒe awuwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:11
15 Mawu Ofanana  

Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu,


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Tete wodze woƒe awuwo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe gado agba na eƒe tedzi, eye wogatrɔ va du la me.


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


Tete fia la tsi tre dze eƒe awuwo, eye wòmia anyigba, eye eƒe dɔlawo katã le tsitre le awu vuvuwo me.


Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.


Esi Israel-fia xlẽ agbalẽa la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Mawue menye, ne mawu ame agagbɔ agbee, hafi amesia dɔ ame ɖo ɖe gbɔnye, be mayɔ dɔ anyi na ŋutsu sia? Midze sii kokoko be, mɔnu dim wòle le ŋunye.


na wò dzi bɔbɔ bɔlɔbɔlɔ, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò de anyi le Mawu ŋku me, le esi nèse nya, siwo wogblɔ de nɔƒe sia kple eme nɔlawo ŋuti megbe la; esi nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le ŋkunye me, eye nèdze wò awu heta avi le ŋkunye me la, eyata Yehowa be, ye hã yesee.


Esi mese nya siawo la, medze nye awuwo kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple nye ge, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to.


Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe


Eye dzidzi meƒo fia la kple eƒe dɔlawo katã, ne wòahayi woƒe awuwo dze ge, esime wose nya siawo katã o.


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena:


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa