eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la.
Eye woanye atsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba magadze o; woaɖu nu mamlea, siwo kpetsia tso ɖi na mi la, eye woaɖu miaƒe ati, siwo gadze le gbe me la.
Emegbe Mese dzo le Farao gbɔ, eye esi wòdo le dua me la, eke eƒe abɔwo me na Yehowa, tete dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi dzudzɔ dzadza ɖe anyigba la dzi.
Ke wò la tso bli, lu, gbagbayi, ayi, ƒo kple meli de ze me, eye natsɔ wo aƒo aboloe na ɖokuiwò, ne naɖu le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke, siwo nemlɔ wò axa dzi la me.