Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Kpetsia le dzadzam, eye dzi le dzo kem ɖe eme edziedzi; kpetsia nu sẽ ŋutɔ, eye etɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o, tso esime amewo va edzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 9:24
11 Mawu Ofanana  

esiwo metu do ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua?


Ena tsikpewo wu ɖe tsidzadza teƒe kple dzoƒaɖewo ɖe woƒe anyigba dzi.


Alilikpowo, dzikpe kple dzokawo ɖo dzo keklẽ me le eŋku me.


Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.


ekema mana kpetsi gãwo nadza etsɔ wɔale siawo, esiwo tɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ o vaseɖe fifi, tso esime woɖo egɔme anyi.


Eye Mose do eƒe atikplɔ ɖe dziƒo, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye kpetsi dza, eye dzi ke dzo de anyigba la dzi, eye Yehowa na kpetsi dza ɖe Egipte-nyigba la dzi.


Eye kpetsia gblẽ nusianu, si le gbedzi, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi hewu amewo kple lãwo siaa, eye kpetsia gblẽ agblemenuwo katã, eye wòle gbemetiwo katã.


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ahom tu tso anyiehe, alilikpo gãa ɖe bia kɔtɔɔ, keklẽ ƒo xlã alilikpo gãa ɖe, eye dzobabla kɔtɔɔ le eme; nane le dzedzem le dzo la titina abe sika, si me kɔ keŋkeŋ ene;


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana ahom natu le nye dziku me, tsi nadza bababa le nye dɔmedzoe me, eye tsikpewo nadza le nye dziku me, ne woagblẽ nu.


Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa