Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.
Eye ŋutsu la gblɔ nam bena: Amevi, kpɔ nu kple ŋku, se nu kple to, eye nalé ŋku ɖe nusiwo katã mele fiawo ge la ŋu; elabena ɖe wokplɔ wò va afisiae, be woafia nu wò. Gblɔ nusiwo katã kpɔ ge nala la, na Israel ƒe aƒe la.
Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.