Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 9:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 9:15
13 Mawu Ofanana  

Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?


Nusia zu nuvɔ̃ na Yerobeam ƒe aƒe la, esi na be, wògblɔe, eye wotsɔe ɖa le anyigba dzi.


Ke boŋ mivɔ̃ Yehowa, amesi tsɔ ŋusẽ gã kple abɔ, si wodo de dzi, kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la; eya miade ta agu na, eye eya miasa vɔ na!


Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.


Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.


Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o.


ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa