Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yehowa wɔ Mose ƒe nya la dzi, eye akpɔkplɔ, siwo le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me la, ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:9
8 Mawu Ofanana  

Eye Eliya gblɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo bena: Mitia nyitsu ɖeka, eye mitre ewɔwɔ, elabena miesɔ gbɔ, eye miyɔ miaƒe mawu ŋkɔ, ke migaɖe dzo de ete o.


Esi Yehowa gblẽ Nil me tsia la, etsi nenema ŋkeke adre sɔŋ.


Eye wolɔ wo li kɔ gagãwoe, eye anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.


Ke esi Farao kpɔ bena, yekpɔ gbɔdzɔe la, esẽ eƒe dzime, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Esi Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ la, Mose do gbe ɖa na Yehowa le akpɔkplɔ, siwo wokplɔ ƒu Farao la ŋuti.


Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia?


Yehowa ɖo ŋu be: Matsɔe ake, abe alesi nègblɔ ene.


Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Amesiwo le ŋuwò la, sɔ gbɔ akpa be, matsɔ Midiantɔwo ade asi na wo; ne Israel magaƒu asi akɔ ɖe ŋunye agblɔ bena: nye ŋutɔ nye asi metsɔ xɔ na ɖokuinye o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa