Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eɖo ŋu be: Etso! Eye wògblɔ be: Ava me, abe alesi nedi ene, bena nanyae be, amea ɖeke mede Yehowa, mia Mawu la nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:6
17 Mawu Ofanana  

Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene.


gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo.


Woƒe anyigba dzi gblẽ kple akpɔkplɔwo, keke woƒe fiawo ƒe xɔwo me ke hã.


Eɖo togbatowo ɖe wo dome woɖu wo, kple ekpɔkplɔwo wogblẽ wo.


Amea ɖeke mede nuwo le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.


Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.


eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.


Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.


Elabena woƒe agakpe mede miaƒe agakpe nu o, miaƒe futowo ŋutɔ nyenyametsolawo.


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, do go tso ʋɔ driba la kple lã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ƒe nu me:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa