Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ be: Miɖe kuku na Yehowa, bena woana mia kple nye dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me, ekema maɖe asi le dukɔ la ŋuti, bena woaɖasa vɔ na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:4
13 Mawu Ofanana  

Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.


Etrɔ vlododo kɔ ɖe ame ŋkutɔwo dzi, eye wòna wotra mɔ le gbegbe, afisi mɔa ɖeke mele o.


Eyata mitso nye vodada la kem fifia hã, eye miɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, ɖe tanye, bena wòaɖe ku sia ɖa le dzinye!


Farao gblɔ bena: Maɖe asi le mia ŋu, be miaɖasa vɔ na Yehowa, mia Mawu la le gbedzi, ke ɖeko migayi didiƒe akpa o. Eye miaɖe kuku ɖe nye hã tanye.


Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.


Mose ɖo ŋu na Farao bena: Ele asiwò me! Ɣekaɣie maɖe kuku la ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple wò dukɔ la ta, bena akpɔkplɔawo nadzo le ŋuwo kple aƒewò me, eye woasusɔ ɖe Nil ko me?


Miɖaɖe kuku na Yehowa, bena wòana dziɖegbe kple kpetsi la nu natso; ekema maɖe asi le mia ŋu, eye miaganɔ afisia o.


Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?


Yehowa aƒo Egiptetɔwo, eye wòagahaya wo; elabena ne wòtrɔ ɖe eŋu la, ase woƒe kukuɖeɖe, eye wòahaya wo.


Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.


Tete dukɔ la va Mose gbɔ gblɔ bena: Míewɔ nuvɔ̃ be, mieƒo nu le mia kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa, bena wòaɖe dawo ɖa le mía dome. Eye Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa