Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:3
8 Mawu Ofanana  

Tete fia ƒe vinyɔnu Yoseba fi Yoas, Axazya vi, le fiavi, siwo wu ge woala la dome, eye wòkplɔ eya kple eƒe nonala yi abaxɔ me. Ale fia Yoram ƒe vinyɔnu Yoseba, amesi nye nunɔla Yoyada srɔ̃ la, ɣlae ɖe Atalya, eye mete ŋu wui o, elabena eya nye Axazya nɔvinyɔnu.


Woƒe anyigba dzi gblẽ kple akpɔkplɔwo, keke woƒe fiawo ƒe xɔwo me ke hã.


Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.


Eye dukɔ la tsɔ woƒe amɔwo, si mekpɔ ʋã haɖe o la, kpakple woƒe amɔwɔkpakuwo bia ɖe woƒe avɔwo me helé ɖe abɔ.


Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake.


Ke esi Farao kpɔ bena, yekpɔ gbɔdzɔe la, esẽ eƒe dzime, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Tete Aron do eƒe asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tɔwo dzi, eye akpɔkplɔwo do hexɔ Egipte-nyigba la dzi.


Tete Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ be: Miɖe kuku na Yehowa, bena woana mia kple nye dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me, ekema maɖe asi le dukɔ la ŋuti, bena woaɖasa vɔ na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa