Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Farao gblɔ bena: Maɖe asi le mia ŋu, be miaɖasa vɔ na Yehowa, mia Mawu la le gbedzi, ke ɖeko migayi didiƒe akpa o. Eye miaɖe kuku ɖe nye hã tanye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:24
6 Mawu Ofanana  

Eƒo nu, tete togbatowo kple mũwo va woƒe anyigba blibo la dzi.


Eɖo togbatowo ɖe wo dome woɖu wo, kple ekpɔkplɔwo wogblẽ wo.


Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu.


Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!


Míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mo ayi gbeɖzi, ne míasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la le afima, abe alesi wòɖe se na mí ene.


Tete Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ be: Miɖe kuku na Yehowa, bena woana mia kple nye dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me, ekema maɖe asi le dukɔ la ŋuti, bena woaɖasa vɔ na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa