Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:21
7 Mawu Ofanana  

Eƒo nu, tete togbatowo kple mũwo va woƒe anyigba blibo la dzi.


Eɖo togbatowo ɖe wo dome woɖu wo, kple ekpɔkplɔwo wogblẽ wo.


Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Mose ɖo ŋu bena: Menyo bena, míawɔ nenema o, elabena nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo la, tsɔ ge míala asa vɔ na Yehowa, mía Mawu la. Azɔ ne mietsɔ nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo le woƒe ŋku me la, ɖe womaƒu kpe mí oa?


Farao gblɔ bena: Maɖe asi le mia ŋu, be miaɖasa vɔ na Yehowa, mia Mawu la le gbedzi, ke ɖeko migayi didiƒe akpa o. Eye miaɖe kuku ɖe nye hã tanye.


Eye woava me le ŋkeke ma dzi be, Yehowa ala aku ayɔ togbato, siwo le Egipte-tsiwo ƒe mlɔenu, kple anyi, siwo le Asur-nyigba dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa