Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:14
11 Mawu Ofanana  

Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.


Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.


Eye lã, siwo katã le Nil me la, ku, eye lɔ la de asi ʋeʋẽ me, ale be Egiptetɔwo megate ŋu no Nil me tsi o. Eye ʋu le Egipte-nyigba dzi afisiafi.


Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Farao gblɔ bena: Maɖe asi le mia ŋu, be miaɖasa vɔ na Yehowa, mia Mawu la le gbedzi, ke ɖeko migayi didiƒe akpa o. Eye miaɖe kuku ɖe nye hã tanye.


Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.


Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?


Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakawo katã ŋu; edo busu wo, eye wòtsɔ wo de asi, be woawu;


Ɣemaɣi la mana teƒea ɖe Gog ɖe Israel-nyigba dzi, si nye Abarim-bali me la le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome; woaxe Abarim-bali la ƒe mo, eye afima woadi Gog kple eƒe amehawo katã ɖo, eye woayɔe be „Gog ƒe amehawo ƒe balime“.


Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa