Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke esi Farao kpɔ bena, yekpɔ gbɔdzɔe la, esẽ eƒe dzime, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:11
7 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Farao ƒe dzime sẽ, eye wogbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋuti.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Tsɔ wo atikplɔ, eye naƒo ke me le anyigba dzi, ekema atrɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.


Eye Yehowa wɔ Mose ƒe nya la dzi, eye akpɔkplɔ, siwo le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me la, ku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa