Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:1
15 Mawu Ofanana  

Woƒe anyigba dzi gblẽ kple akpɔkplɔwo, keke woƒe fiawo ƒe xɔwo me ke hã.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Eyata mele gbɔgblɔm na wò bena: Ɖe asi le vinye ŋuti, ne wòava subɔm, ke ne ègbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mawu wò ŋgɔgbevi!


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Esi Yehowa gblẽ Nil me tsia la, etsi nenema ŋkeke adre sɔŋ.


Tete Aron do eƒe asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tɔwo dzi, eye akpɔkplɔwo do hexɔ Egipte-nyigba la dzi.


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Do akplɔ, si le asiwò la, ɖe Ai dzi, elabena matsɔe ade asi na wò! Tete Yosua do akplɔ, si le esi la, ɖe du la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa