Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 7:4
28 Mawu Ofanana  

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena Farao maɖo to mi o, bena nye nukunuwo nasɔ gbe le Egipte-nyigba la dzi.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.


Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Esiawo nye Aron kple Mose, amesiwo Yehowa gblɔ na bena: Mikplɔ Israel-viwo ƒe hawo dzo tso Egipte-nyigba dzi!


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.


Tohehe le dzadzraɖo ɖi ɖe fewuɖulawo ŋu kple ƒoƒo ɖe bometsilawo ƒe mẽɖome ŋu.


Ele nye luʋɔ dzrom le zã me, nye gbɔgbɔ hã le diwòm le menye; elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexeametɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.


Ŋunyee wòle eƒe asi trɔm ɖo ɖaa atraɖi le ŋkeke blibo la me.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Mahe to na Moab, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Matsrɔ̃ Patros, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na No;


Eye mahe to na Egipte, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Eye Yehowa ƒe asi nye dzɔgbevɔ̃e le wo ŋu le afisiafi, si woyi ɖo, abe alesi Yehowa gblɔ na wo kple alesi Yehowa ka atam na wo ene, ale be woɖo xaxa me ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa