Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 7:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 7:19
15 Mawu Ofanana  

Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo.


Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena viviti nado ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ale bena woate ŋu ali asi viviti la ŋu.


Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.


Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.


Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.


Ke ne womexɔ dzesi eve siawo hã dzi se o, eye womese wo gbe o la, ekema naku tsi le Nil-tɔsisi me akɔ de anyigba, eye tsi, si nèku le Nil-tɔsisia me la, atrɔ zu ʋu ɖe anyigba.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, ne eyi tɔa nu la, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Emegbe Mese dzo le Farao gbɔ, eye esi wòdo le dua me la, eke eƒe abɔwo me na Yehowa, tete dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi dzudzɔ dzadza ɖe anyigba la dzi.


Wogbã eƒe agunusɔtiwo, eye agbatedɔwɔlawo katã le nu xam.


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Yehowa, tɔsisiwo ŋue dzi le kuwòm ɖoa, tɔsisiwo ŋue nèle dɔmedzoe dom ɖo loo, alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo, be nèdo wò sɔwo, eye neɖo wò tasiaɖamwoa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa