Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!
Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.
Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.
Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,