Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 6:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esiawo nye Lewi viwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzime nu: Gerson, Kahat kple Merari; eye Lewi tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137).

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 6:16
22 Mawu Ofanana  

Eye Isak ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blanyi.


Lewi ƒe viŋutsuwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.


Ruben viŋutsuwo nye: Henox, Palku, Xezron kple Karmi.


Yakob nɔ Egipte-nyigba dzi ƒe wuiadre, eye Yakob ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blane vɔ adre.


Esi Yosef xa ƒe alafa ɖeka kple ewo la, eku, eye wòsi atike nɛ hetsɔe de aɖaka me le Egipte.


Eye Dawid ma wo haha ɖe Lewi viwo Gerson, Kehat kple Merari nu.


Lewi viwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.


Amesiwo Dawid ɖo be, wòadzi ha le Yehowa ƒe aƒe la me, tso esime aɖaka la kpɔ gbɔɖemeƒe, wonye esi.


Tete Lewi-viwo tso; amesiwo tso Kehat viwo dome, wonye: Maxat, Amasai vi, kple Yoel, Azarya vi. Amesiwo tso Merari viwo dome, wonye: Kis, Abdi vi, kple Azarya, Yehalelel vi. Amesiwo tso Gerson viwo dome, wonye: Yoas, Zima vi, kple Eden, Yoax vi.


Ŋutsua ɖe tso Lewito la me ɖe Lewi-nyɔnua ɖe.


Kahat viwo nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel; eye Kahat tsi xa ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.


Eye, Amram ɖe tsa Yoxebet, amesi dzi Aron kple Mose nɛ. Eye Amram tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.


Eye Korax, Yizhar vi, amesi nye Lewi vi, Kehat ƒe tɔgbuiyɔvi, hekpe ɖe Eliab viŋutsuwo, Datan kple Abiram, amesiwo nye Ruben vi, Palu ƒe tɔgbuiyɔviwo ŋu,


Esiawo nye amesiwo wotia xlẽ le Lewi-viwo dome, le woƒe ƒomewo nu: Gerson, amesi dzi Gerson-ƒome la; Kehat, amesi dzi Kehat-ƒome la; Merari, amesi dzi Merari-ƒome la.


Lewi-viwo ƒe ŋkɔwo nye si: Gerson, Kehat kple Merari.


Gerson-viwo ƒe ŋkɔwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei.


Kehat-viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel.


Eye Merari viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Lewitɔwo ƒe ƒome le wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Gerson-hawo nye: Libni-viwo ƒe ƒome kple Simei-viwo ƒe ƒome. Woawo nye Gerson ƒomeawo.


Tete dzidze dze Kehat-viwo ƒe ƒomewo dzi, eye wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na nunɔla Aron-viwo, siwo nye Lewitɔwo la, ɖe Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to me;


Wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na Gerson-viwo ɖe Isaxar-to la ƒe ƒomeawo kple Aser-to, Naftali-to kple Manase ƒe to afã, si le Basan la me;


le Simeon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu: le Lewi ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Isaxar ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa