Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron, eye wòdo wo de Israel-viwo kple Farao, Egipte-fia gbɔ, bena woakplɔ Israel-viwo atso Egipte-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 6:13
14 Mawu Ofanana  

Elabena adɔ eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò, ne woakpɔ tawò le wò mawo katã dzi.


Eye Mose ɖo ŋu na Yehowa bena: Esi Israel-viwo mele to ɖomem o la, aleke Farao aɖo to nye amesi nu menya ƒona na o la!


Esiawo nye aƒehanuawo le woƒe ƒome la me. Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi; esiawo nye Ruben-hawo.


Esiawo nye Aron kple Mose, amesiwo Yehowa gblɔ na bena: Mikplɔ Israel-viwo ƒe hawo dzo tso Egipte-nyigba dzi!


eye nakplɔe ava nunɔla Eleazar kple ha blibo la gbɔ, eye nade se nɛ le wo ŋku me,


eye wotsɔ eƒe asiwò ɖo edzi, eye wòde se nɛ, abe alesi Yehowa ƒo nu kple Mose ene.


eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, wò kuɣi le aƒe tum; yɔ Yosua, eye mia kplii míatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, ne maɖe se nɛ. Eye Mose kple Yosua woyi ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.


Mele se ɖem na wò le Mawu, si gbɔa agbe nuwo katã, kple Kristo Yesu, si ɖi emeʋuʋu nyui ƒe ɖase le Pontio Pilato gbɔ la, ƒe ŋku me


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa