Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Gbemagbe Farao de se na dukɔ la ƒe dɔdzikpɔlawo kple eƒe dɔnunɔlawo bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 5:6
14 Mawu Ofanana  

Aʋawɔla kalẽtɔ, siwo hona dea aʋa hamehame la, le Uziya si, agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia wo xlẽ le Xananya, amesi tso fia ƒe amegãwo dome ƒe dzikpɔkpɔ te.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Tete nuka la ƒe dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi, eve wogblɔ na dukɔ, la bena: Ale Farao ɖo enye si. Nyemegale gbe na ge mi azɔ o.


Eye wosesẽ na Israel-viwo ƒe dɔnunɔlawo be, woaɖagblɔ be, womeɖe woƒe gbesiagbe kpemème la dzi na wo o.


Migana gbe dukɔ la, bena woade anyi me, amè anyikpewoe, abe alesi miewɔe vaseɖe fifi ene o; ke boŋ woawo ŋuta nayi aɖadi gbe na wo ɖokui!


Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃diwo.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ƒo Israel-ame tsitsi blaadreawo, amesiwo nènya be, wonye ame tsitsiwo le dukɔ la dome, eye wonye wo dzikpɔlawo la, nu ƒu, eye nakplɔ wo ava Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woatsi tre ɖe gbɔwò le afima.


Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem, eye wòyɔ ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo, eye wova tsi tre ɖe Mawu ŋku me.


Metsɔ Yakob kple Esau na Isak, eye metsɔ Seir-to na Esau, be wòanye etɔ, ke Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.


Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa