Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete dukɔ la kaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, bena woadi gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 5:12
9 Mawu Ofanana  

Ewo nu tsu geɖe, eye neƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wòfiã wo abe gbe ene.


Mia ŋutɔwo miyi, ne miadi gbe na mia ɖokui, afisi míakpɔe ale, ke womaɖe miaƒe dɔ la dzi na mi o.


Eye dɔdzikpɔlawo ƒo du de wo nu gblɔ bena: Ele na mi be, mia wu miaƒe goesiagbe dɔ nu blibo, abe alesi miewɔna tsã, esime gbe no mia si la ene.


Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye, dzo afiã wo, womaɖe woƒe agbe tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ nu o, elabena menye dzoka xɔxɔ wònye, ne wòa ƒu o, eye menye mlekpui me dzo wònye, ne woabɔbɔ nɔ enu o.


Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.


Wole kpo dim le towo ta me abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene; wole zi nyẽm, abe alesi dzo fiãa gbe ƒuƒui ene, eye wodze aʋa abe aʋakɔ gãa ɖe ene.


Yakob ƒe aƒe la anye dzo, eye Yosef ƒe aƒe la anye dzoƒaɖe, ke Esau ƒe aƒe la anye gbe ƒuƒu; woafiãe wòabi, ale be amea ɖeke makpɔtɔ na Esau ƒe aƒe la o; elabena Yehowa ye gblɔe.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Ke ne amea ɖe tso sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa