Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 40:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tsɔ ami sisi la si na nɔƒe la kple nusiwo katã le eme, eye nakɔ eya ŋutɔ kple eŋu nuwo katã ŋu, bena woazu kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 40:9
16 Mawu Ofanana  

Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe.


Eyome wòwɔ ami sisi kɔkɔe la, eye wòtsɔ atike ʋeʋẽewo wɔ dzudzɔdonu, si me dza; ewɔe, abe alesi ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene.


akɔblivɔsamlekpui la kple eŋu kɔblidzrala la, eŋu kpoawo kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ,


Eye natɔ kpɔ ɖe eŋu godoo ava kpe, eye natsɔ avɔ atu agbo la nu.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Enye Kerubi keke aʋala me, metsɔ wò ɖo Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ dzokpewo dome.


Eyome Mose tso ami sisi la, eye wòsii na nɔƒe la kple eme nuawo katã, eye wòwɔ wo kɔkɔe.


Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,


Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi:


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


amesi tre mia nu hã, eye wòna Gbɔgbɔ ƒe a wɔbanu mí le míaƒe dziwo me.


amesi fa akɔ na mi le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la;


Eye nenema ke wòtsɔ ʋu la wu ɖe agbadɔ kple mawusubɔnuawo katã ŋu.


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa